Le esime Herodes nɔ Kaesarea la, ame dɔdɔ aɖewo tso Tiro kple Sidon va egbɔ. Herodes melɔ̃a Tirotɔwo kple Sidontɔwo ƒe nya kura o. Le esia ta la, ame dɔdɔawo va dze xɔlɔ̃ Blasto si nye agbalẽŋlɔla gã le fia la ƒe aƒe me gbɔ, eye wobia tso esi be wòaɖe kuku na Herodes ɖe yewo nu, ale be ŋutifafa nava yewo kple fia la dome. Esia hiã vevie, elabena Tirotɔwo kple Sidontɔwo kpɔa woƒe nunyiame tso dukɔ siwo dzi ɖum Herodes le la gbɔ.