Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:2 - Agbenya La

2 Yohanes, ame si nɔ gaxɔ me le ɣeyiɣi siawo me la se nukunu gbogbo siwo katã Kristo la nɔ wɔwɔm. Esia ta edɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ke esi Yohanes le gaxɔ me se Kristo ƒe dɔwɔwɔwo la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be, woaɖagblɔ ne bena:

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:2
11 Referans Kwoze  

Herod sia nye ame si dɔ asrafowo be woalé Yohanes de gaxɔ me. Ewɔ esia le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ si wòxɔ la ta,


Azɔ la, Herod na wolé Yohanes, eye woblae de gaxɔ me le Herod, nɔvia Filipo srɔ̃ ta,


Esi Yesu se be wolé Yohanes de gaxɔ me la, edzo le Yudea yi wo de le Nazaret si le Galilea,


Gbe ɖeka la, Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nusrɔ̃lawo va Yesu gbɔ va biae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna abe ale si mí kple Farisitɔwo míewɔna ene o ɖo?”


Farisitɔwo se be Yesu le nusrɔ̃lawo kpɔm fũu, eye wòle mawutsi dem ta na amewo tsɔ wu Yohanes,


Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la,


Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.


Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite