Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 11:17 - Agbenya La

17 “ ‘Míedzi dzidzɔhawo na mi, gake miekpɔ dzidzɔ o, eya ta míedzi kuhawo, gake miefa konyi hã o!’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 le gbɔgblɔm bena: Mieku dze na mi, eye mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha na mi, eye mieƒo akɔta o.

Gade chapit la Kopi




Mateo 11:17
15 Referans Kwoze  

Ekema miadzi ha le zã me abe ŋkekenyui aɖe ɖum miele ene. Miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ abe ale si wònɔna ne wole dze kum yina ɖe Yehowa ƒe to la dzi kple Israel ƒe Agakpe la gbɔ ene.


Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.


O, ɖetugbi dzadzɛ, Israel, magaɖo wò te eye nànɔ te. Agatsɔ wò axatsɛwo ayi ɖe ɣeɖuƒe kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm.


Esi Yesu va ɖo amegã la ƒe aƒe me la, ekpɔ be amewo nɔ avi fam hoo, eye wonɔ kuteƒehawo hã dzim.


Le esia megbe la, wo katã wotrɔ va Yerusalem eye wonɔ dzidzɔɣli dom le mɔa dzi.


“Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nɔvia tsitsitɔ ya nɔ dɔ wɔm le agble me. Esi wòtrɔ gbɔna va aƒe me la, ese ʋuƒoƒo kple hadzidzi ƒe ɖiɖi le aƒea me,


Esi woɖo Atad, teƒe si le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, eye wòte ɖe Yeriko ŋu la, wode kusɔleme, eye wofa konyi ŋkeke adre sɔŋ le Yakob ƒe ku ta.


“Aleke magblɔ tso dukɔ sia ŋuti? Ame siawo sɔ kple ɖevi siwo le fefe fem hele gbɔgblɔm na wo nɔewo be,


Yohanes menoa wain teti hã o, eye wòtsia nu dɔna zi geɖe, gake miegblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asi me nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, “ ‘Míeku dzidzɔkpẽ na mi, ke mieɖu ɣe o; eye míedzi konyifahawo na mi, ke miefa avi hã o.’


Aƒea me ŋutɔ yɔ fũu kple konyifala siwo nɔ avi fam. Yesu gblɔ na wo be, “Midzudzɔ avia. Ɖevia meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle!”


Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite