Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:36 - Agbenya La

36 Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:36
14 Referans Kwoze  

elabena viŋutsu made bubu fofoa ŋu o; vinyɔnu adze aglã ɖe dadaa ŋu eye lɔ̃xoyɔvi atso ɖe lɔ̃xoa ŋu. Ame ƒe futɔwo atso eya ŋutɔ ƒe aƒe me.


Nɔviwò kple wò ŋutɔ wò ƒometɔwo gɔ̃ hã de wò asi eye wodo ɣli sesĩe ɖe tawò. Togbɔ be woƒo nu nyuie le ŋutiwò hã la, mègaɖo dzi ɖe wo ŋu o.


Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


gake wò, ŋutsu abe nye ene, xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ,


David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ.


Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”


Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”


Tso azɔ dzi la, made fuléle wò kple nyɔnu la dome, eye fuléle ma ke anɔ wò dzidzime kple nyɔnu la tɔ dome. Eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.”


Petro gblɔ be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyemeklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”


“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.


“Mele egblɔm na mi be nɔvi ahe nɔvi ade ku me, eye vi fofo ade eya ŋutɔ via asi. Ɖeviwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋuti, eye woahe wo ade ku me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite