Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:28 - Agbenya La

28 “Migavɔ̃ na ame siwo ate ŋu awu miaƒe ŋutilã, ke womate ŋu awu miaƒe gbɔgbɔ o la gbeɖe o! Mivɔ̃ Mawu ɖeka hɔ̃ɔ, ame si si ŋusẽ le be wòawu ŋutilã kple gbɔgbɔ la siaa le dzomavɔ me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:28
30 Referans Kwoze  

Mègavɔ̃ na fukpekpe siwo ava dziwò la o. Abosam ade mia dometɔ aɖewo gaxɔ me le ŋkeke siawo me be woate mi kpɔ. Woati mia yome ŋkeke ewo si nye ɣeyiɣi kpui aɖe. Nɔ nuteƒewɔwɔ dzi va se ɖe ku me gɔ̃ hã, eye mana agbefiakuku wò.


Senala kple ʋɔnudrɔ̃la ɖeka koe li, ame si tea ŋu ɖea ame, eye wotsrɔ̃a ame hã. Ke wò la, ame ka nènye be nàdrɔ̃ ʋɔnu hawòvi?


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


“Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?


Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta nɔ anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.


Ke ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ me gɔ̃ hã la, woayra mi. “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole o; dzidzi hã megaƒo mi o.”


Menye nye asie wɔ esiawo katã, eye wova dzɔ oa?” Yehowae gblɔe. “Esiae nye ame si mebuna; ame si bɔbɔ eɖokui, da ahe le gbɔgbɔ me, eye ne ese nye nya la, wòdzona nyanyanya.


Nye lãme le ƒoƒom le vɔvɔ̃ na wò ta, eye nye mo wɔ yaa le wò sewo ta.


“Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”


“Miɖo tom, mi ame siwo nya nu si le dzɔdzɔe. Mi ame siwo ƒe dziwo me nye se la le, migavɔ̃ amewo ƒe mokaname o, eye woƒe dzu megado ŋɔdzi na mi o,


Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.


“Migavɔ̃ ame siwo ado ŋɔdzi na mi la o, elabena ŋkeke li gbɔna esi dzi woƒe adzameɖoɖo vɔ̃wo adze le gaglãgbe, eye ame sia ame akpɔ nyateƒe la adze sii.


Wogbɔ agbe nyɔnu siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku, eye wotsɔ wo na wo agbagbe. Wowɔ funyafunya ame bubuwo, eye wogbe be womegana ablɔɖe yewo o, ale be tsitretsitsi si nyo wu la nasu yewo si.


Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa, elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem, eye gawu la, maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.”


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


eye woado go, ame siwo wɔ nu nyui la woafɔ hena agbe mavɔ la me nɔnɔ, ke adrɔ̃ ʋɔnu nu vɔ̃ɖi wɔlawo.


Eya ta amewo dea bubu eŋu elabena ɖe medea bubu ame siwo katã ƒe dzi me nunya le la ŋu oa?”


Ele be miasubɔ Yehowa ɖeɖe ko; eyae aɖe mi tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite