Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 10:27 - Agbenya La

27 “Nya siwo gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔ wo le kekeli me. Ne mede gbe to me na mi la, miɖe gbeƒãe le xɔwo tame.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.

Gade chapit la Kopi




Mateo 10:27
16 Referans Kwoze  

“Miyi gbedoxɔ la me, eye miagblɔ agbe yeye sia ƒe nya na ameawo.”


Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye Nyateƒegbɔgbɔ la va la, ana miase nyateƒe ɖe sia ɖe gɔme. Magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu la o, ke boŋ agblɔ nya siwo wòse la ko, eye wòagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi.


“Megblɔ nya siawo katã na mi bena miagatra mɔ o.


Ebia wo be, “Menye ɖe míede se na mi vevie be miagafia nu le ŋkɔ sia me azɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka míaƒe nufiafia ɖe Yerusalem du blibo la me, eye mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ ame sia ƒe ku aɖo mía dzi!”


Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Azɔ la, èle nu ƒom na mí faa, menye le lododowo me o.


“Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu.


Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ”


Azɔ esi mɔkpɔkpɔ sia le mía si ŋuti la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo.


Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ mawuvɔ̃lawo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame?


Ame si le eƒe xɔ ta la megaɖi va anyigba alo age ɖe eƒe xɔ me be yeatsɔ naneke le eme o.


Nu sia nu si miegblɔ le viviti me la, woasee le kekeli me, eye nu si mietsɔ do dalĩ le miaƒe xɔgãwo me la, woaɖe gbeƒãe le xɔwo tame.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite