Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 1:7 - Agbenya La

7 Solomo dzi Rehoboam, Rehoboam dzi Abiya, eye Abiya hã dzi Asa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Salomo dzi Rexabeam, Rexabeam dzi Abiya, eye Abiya dzi Asa;

Gade chapit la Kopi




Mateo 1:7
11 Referans Kwoze  

Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o.


Esime Rehoboam li ke ɖe eƒe fiazikpui dzi eye wòɖo ŋusẽ la, eya kple Israel blibo la gbe nu le Yehowa ƒe se la gbɔ.


Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.


Esime Rehoboam, ame si dadae nye Naama, Amoni nyɔnu la ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me eye via Abiyam ɖu fia ɖe eteƒe.


Esi wòku la, woɖii ɖe fofoa, David ƒe du la me eye via Rehoboam ɖu fia ɖe eteƒe.


Asa dzi Yehosafat, Yehosafat dzi Yoram, Yoram dzi Uzia,


Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite