Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Mateo 1:11 - Agbenya La

11 Yosia dzi Yekonia kple nɔviawo le esime woɖe aboyo Israel dukɔa yi Babilonia.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 eye Yosiya dzi Yexonya kple nɔviawo, le esime wokplɔ wo yi ɖe Babilonia.

Gade chapit la Kopi




Mateo 1:11
17 Referans Kwoze  

Nu siwo Babilonia fia, Nebukadnezar metsɔ dzoe o esi wòva lé Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi, yi ɖe aboyome le Babilonia kpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe ame ŋkutawo ŋuti.


Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Aʋafia Nebuzaradan kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yerusalem, ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo na wo kple ame mamlɛawo katã yi aboyo mee le Babilonia.


Ekplɔ ame siwo susɔ, esiwo si le yi nu la yi aboyome le Babilonia eye wova zu subɔlawo na eya ŋutɔ kple via ŋutsuwo va se ɖe esime Persia fiaɖuƒe la xɔ ɖe eteƒe.


Esi ƒe trɔ la, Fia Nebukadnezar yɔe va Babilonia le adame. Wolɔ kesinɔnu geɖewo tso Yerusalem gbedoxɔ la me yi Babilonia eye Fia Nebukadnezer tsɔ Yehoyatsin nɔvi Zedekia ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea.


Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna.


Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi.


Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.


Le aboyomenɔnɔ le Babilonia megbe la, Yekonia dzi Sealtiel, Sealtiel dzi Zerubabel,


Ale tso Abraham dzi va se ɖe Fia David dzi la, dzidzimeawo katã le wuiene, eye tso Fia David ŋɔli va se ɖe esime woɖe aboyo Israel yi Babilonia la, dzidzimeawo le wuiene, nenema ke tso aboyomenɔɣi va se ɖe Kristo dzi hã le dzidzime wuiene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite