Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 9:23 - Agbenya La

23 Yesu gabiae be, “Ɖe nègblɔ be ne mate ŋuia? Nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe ne èxɔe se ko.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.

Gade chapit la Kopi




Marko 9:23
12 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ be, “Nyemegblɔ na wò be, ne èxɔ dzinye se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?”


Xɔse manɔmee la ame aɖeke mate ŋu adze Mawu ŋu o, elabena ame si va Mawu gbɔ la ele be wòaxɔe se be Mawu li eye wòɖoa eteƒe na ame siwo dinɛ vevie.


Nyateƒenya wònye be ne ame aɖe agblɔ na to sia be, ‘Yi, nàtsɔ ɖokuiwò ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke mele eƒe dzi me o la, ava eme nɛ.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [


Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”


Egblɔ na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be, ‘Ho ɖokuiwò yi ɖado ɖe ƒu me,’ eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.


Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ,


Gbɔgbɔ vɔ̃ sia nana wòdzea dzo me alo tsi me, eye wòdi kokoko be yeawui. Ao! Meɖe kuku kpɔ míaƒe nublanui, ne àte ŋui la, nàwɔ nane tso eŋuti na mí.”


Fofoa ɖo eŋu enumake be, “Xɔse le asinye. Ao, ve nunye be nye xɔse sia nadzi ɖe edzi!”


Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, zɔ va.” Ale Petro ɖi ɖe tsia me le ʋua xa, eye wòzɔ tsia dzi ɖo ta Yesu gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite