Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 8:21 - Agbenya La

21 Azɔ egblɔ na wo be, “Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye wògblɔ na wo bena: Ɖe miese nu gome haɖe ke o mahã?

Gade chapit la Kopi




Marko 8:21
10 Referans Kwoze  

elabena va se ɖe fifia la, womese Yesu ƒe wɔnawo gɔme o. Gawu la, womese nukunu gã si wòwɔ le ɣetrɔ ma hã gɔme o, elabena woƒe dzi me sẽ.


Yesu ɖe hũu le eƒe gbɔgbɔ la me hegblɔ na wo be, “Nyemawɔ naneke o. Vavã mele egblɔm na mi bena womele dzesi ɖeka na ge dzidzime sia o.”


Miwɔ susu ŋu dɔ eye miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Mia dometɔ aɖewo menya Mawu o, mele esia gblɔm be ŋu nakpe mi.


Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa?


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Filipo, ke va se ɖe fifi hã la, mènya ame si ƒomevi menye o. Ke esi meli kpli mi ŋkeke siawo katã hã mienyam kpɔ oa? Ame si kpɔm la, Fofo lae nye ema wòkpɔ. Ke nu ka ta miegale didim be, ‘Mafia Fofo la mi ɖo?’


Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam.”


Yesu nya nya si gblɔm wonɔ, ale wògblɔ na wo be, “Gbeɖe, menye nu si bum miele la gblɔm mele o! Nu ka ta mietea ŋu sea nu gɔme o ɖo? Ɖe miaƒe dziwo ku atri nenema gbegbe be miate ŋu ase nu gɔme oa?


Mikpɔ nyuie, mi gegeme siwo le dukɔ la me, mi bometsilawo, ɣe ka ɣi miadze nunya?


Azɔ esi wova ɖo Betsaida la, ame aɖewo kplɔ ŋkunɔ aɖe vɛ nɛ, eye woɖe kuku nɛ be wòayɔ dɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite