Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 6:55 - Agbenya La

55 eya ta woƒu du ɖagblɔe na ame siwo katã le nuto la me be Yesu va ɖo. Ale amewo kɔ dɔnɔwo ɖe abawo dzi va egbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

55 eye du dzo le afima nutoawo katã me godoo, eye wode asi amesiwo ƒe lãme gblẽ la tsɔtsɔ me ɖe abawo dzi va afisi wose be, ele.

Gade chapit la Kopi




Marko 6:55
6 Referans Kwoze  

Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.


Ke esi wodo go le eme la, ame siwo nɔ afi ma la kpɔ Yesu dze sii enumake,


Afi sia afi si Yesu yi le kɔƒewo, duwo kple agbletawo la, wokɔa dɔnɔwo vaa asiwo kple mɔwo toe, eye woɖea kuku nɛ be woaka asi eƒe awu pɛ ko ŋu. Le nyateƒe me la, ame siwo katã ka asi eŋu ko la ƒe lãme sẽna.


Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwo wɔwɔ ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo kple abatiwo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔli nadze ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite