Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 5:6 - Agbenya La

6 Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ ƒua dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eƒe akɔme.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye esi wòkpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo nɛ;

Gade chapit la Kopi




Marko 5:6
7 Referans Kwoze  

Èxɔe se be Mawu ɖeka koe li. Enyo, gake gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔe se nenema, eye wodzona nyanyanya kple vɔvɔ̃.


Gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me, eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe.


Migblɔ na Mawu be, “Wò dɔwɔwɔwo dziŋɔ loo! Wò ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be, wò futɔwo de ta agu na wò.


Ɖetugbi sia nɔ Paulo kple mía yome nɔ ɣli dom be, “Ame siawo la, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, eye ɖe wova be yewoafia ale si miawɔ be miakpɔ ɖeɖe la mi.”


Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.


Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.


Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite