Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 5:42 - Agbenya La

42 Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wozɔ azɔli; elabena exɔ ƒe wuieve, eye wolulu ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Marko 5:42
7 Referans Kwoze  

Elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale amewo nɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu, eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”


Azɔ ege ɖe ʋu la me, eye yaƒoƒo la tɔ. Nusrɔ̃lawo katã ƒe nu ku ŋutɔ,


Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”


Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe.


Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).


Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite