Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 5:35 - Agbenya La

35 Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã?

Gade chapit la Kopi




Marko 5:35
13 Referans Kwoze  

Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame aɖe tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwò la ku xoxo eya ta viɖe aɖeke mele eme be nàgaɖe fu na Nufiala la o.”


Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”


Esi wògblɔ nya sia la, edzo yi aƒe me, eye wòyɔ nɔvia Maria ɖe kpɔe gblɔ nɛ be, “Nufiala la va ɖo, eye wòdi be yeakpɔ wò.”


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.


Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe ƒu du va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”


Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme,


Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;


Marta gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, nenye ɖe nènɔ afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe. Migblɔ nɛ be, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ, eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava adze gbɔwò aɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.’ ”


Esime Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe ƒe amegã aɖe va dze klo ɖe eƒe ŋkume hede ta agu nɛ. Egblɔ na Yesu be, “Vinye nyɔnuvi ku fifi laa, gake mexɔe se be àte ŋu ana wòagagbɔ agbe nenye be èva ka asi eŋu ko.”


Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le, ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnu la o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite