Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:40 - Agbenya La

40 Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu bia wo be, “Nu ka ta mievɔ̃ alea gbegbe ɖo? Ekema va se ɖe fifia hã la, miexɔ dzinye se oa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã?

Gade chapit la Kopi




Marko 4:40
10 Referans Kwoze  

Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”


Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tsitre, eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi.


Yesu do asi ɖa enumake, eye wòhee ɖe go. Azɔ egblɔ nɛ be, “O, wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka ta nèke ɖi mahã?”


Ke Yesu ya nya nu si ŋuti bum wole ale wògblɔ na wo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔwo! Nu ka ta miele nu xam be yewometsɔ nuɖuɖu ɖe asi o ɖo?


Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,


Ke nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu na mi sãa wu gbe siawo oa? O mi xɔse ʋɛ tɔwo?


Maɖe aƒla ŋeŋe la ɖa o, eye matsi akaɖimeɖovu si le bibim ɖɔɖɔɖɔ la o. Adrɔ̃ ʋɔnu le nyateƒe me.


Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite