Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:38 - Agbenya La

38 Togbɔ be esiawo katã nɔ edzi yim hã la, Yesu ya ziɔ suɖui le ʋua ta henɔ alɔ̃ dɔm dziɖeɖitɔe. Nusrɔ̃lawo ʋuʋui sesĩe wònyɔ. Wobiae vɔvɔ̃tɔe be, “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míele nyɔnyrɔm oa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã?

Gade chapit la Kopi




Marko 4:38
22 Referans Kwoze  

Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.


Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve kpli mí le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me lae le mía si o, ke boŋ nunɔlagã si le mía si la, wotee kpɔ le mɔ sia mɔ nu abe míawo ke ene, ɖekoe nu vɔ̃ mele eya ŋu o.


Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe hegblɔ nɛ kple ɣli be, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!”


Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!” Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.


O, Yehowa, le nu siawo katã megbe la, ɖe nàgade megbe tso mía ŋua? Ɖe nàzi kpi ahe to na mí wu ale si hiã?


Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me, ale be wòava zu nunɔlagã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be wòaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Yakob ƒe vudo la le afi sia. Vudo sia le anyigba si Yakob tsɔ na via Yosef la dzi. Le mɔ legbe si wòzɔ kple ɖeɖiteameŋu ta la, Yesu nɔ anyi ɖe vudoa gbɔ be yeadzudzɔ. Anɔ gaƒoƒo adelia me.


Bi kɔ tso dziƒo, eye nàkpɔ nu tso wò ŋutikɔkɔefiazikpui kɔkɔ la dzi. Afi ka wò ŋuʋaʋã kple ŋusẽ la le? Woɣla wò bɔbɔenyenye kple wò dɔmetɔtrɔ ɖe mí,


Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu.


Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o.


Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ.


Yesu blu ɖe ya la ta enumake, eye wòɖe gbe na ƒu la hã be, “Zi ɖoɖoe!” Ya sesẽ la tɔ enumake, eye ƒu la zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite