Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:35 - Agbenya La

35 Esi ɣe nɔ to ɖom la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mina míatso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye le nenem ŋkeke ma dzi, esi fìẽsi ɖo la, egblɔ na wo bena: Mina ne míayi go keme dzi.

Gade chapit la Kopi




Marko 4:35
11 Referans Kwoze  

Esi Yesu kpɔ be ameha geɖewo nɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu la ayi eƒe go evelia dzi.


Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”


Gbe bubu gbe esi eya kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ ʋu aɖe me le ƒua dzi la, Yesu bia tso nusrɔ̃lawo si be woaku ʋua yi ƒua ƒe go evelia dzi.


Le esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋua me atso ƒu la, ke ye la, yeanɔ anyi ado mɔ ameha la woayi aƒe me.


Yesu dzo le wo gbɔ, hetrɔ ge ɖe ʋu la me, eye wòtso ƒu la heyi ɖe go kemɛ dzi.


Esi woɖo Kapernaum la, wokpɔ Yesu, eye wobiae be, “Nufiala, ɣe ka ɣi nèva ɖo afi sia?”


Zã do vɔ keŋ, gake Yesu medo ta ɖa o, eya ta nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋu aɖe me, eye wokui ɖo ta Kapernaum.


Le esiawo megbe la, Yesu tso Galilea ƒu (si woyɔna hã be Tiberias Ƒu la) yi egodo.


Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me.


Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite