Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:34 - Agbenya La

34 Le nyateƒe me la, ne Yesu le nu fiam le dutoƒo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna, ke emegbe ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe aga la, eɖea wo gɔme na wo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.

Gade chapit la Kopi




Marko 4:34
12 Referans Kwoze  

“Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu.


Le esia megbe la, esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wuieveawo kpakple nusrɔ̃la bubuwo susɔ la, nusrɔ̃lawo biae be, “Lododo sia gɔme ɖe?”


Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.


Yesu wɔa lododo ŋu dɔ zi geɖe nenye be wòle nu ƒom na amewo; ne ele nu ƒom na wo la, lododo sɔŋ ko ŋu dɔ wòwɔna,


Yesu wɔ lododo vovovowo ŋu dɔ tsɔ fia nu amewo. Ewɔ esiwo gɔme amewo ate ŋu ase la ŋu dɔ.


Yesu do lo sia na wo, gake womese nya si gblɔm wòle na wo la gɔme o.


Ale woɖo ŋkeke bubu na takpekpe, eye esi ŋkekea ɖo la, ame geɖewo va ƒo ƒu ɖe Paulo ƒe aƒe me. Paulo ɖe mawunya me na wo tsitotsito, le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ŋu, tso Mose ƒe se la kple nyagblɔɖiawo me. Wonɔ takpekpea me tso ŋdi va se ɖe fiẽ ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite