Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:3 - Agbenya La

3 Egblɔ na wo be, “Miɖo to miasee! Agbledela aɖe yi nuku wu ge ɖe eƒe agble me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miɖo to! Kpɔ ɖa, nukuwula ɖo go yi nuku wu ge;

Gade chapit la Kopi




Marko 4:3
29 Referans Kwoze  

Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?


Esi bliawo de asi tsitsi me la, gbeku vɔ̃awo hã tsi kpli wo.


“O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ku evelia mawɔ nu vevi aɖeke ame si aɖu dzi la o.


Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ɖu dzi la, mana ŋusẽe be wòaɖu agbeti si le Mawu ƒe Paradiso me la ƒe tsetsea.


Azɔ la, Petro kple Apostolo wuiɖekɛawo tsi tsitre, eye Petro kɔ gbe dzi ƒo nu na amehawo be, “Nɔvi, Yudatɔwo, kple Yerusalem nɔlawo siaa, mina maɖe nu sia me na mi; miɖo to nyuie miase nu si magblɔ.


Ne to senu li na mi la, misee!


Agbledela si ŋu meƒo nu tsoe lae nye ame si gblɔa mawunya na amewo.


Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Ame si to senu li na la nesee.”


Lo bubu si Yesu gado hãe nye esi: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe ame si ƒã bli ɖe eƒe agble me ene,


Egblɔ nya geɖewo na wo to lododo me be, “Agbledela aɖe yi nuku wu ge.


Miɖo tom, mi dzimesẽlawo kple mi, ame siwo le adzɔge na dzɔdzɔenyenye.


“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo tom. Mi ame siwo katã susɔ na Israel ƒe aƒe la, mi ame siwo melé ɖe asi tso gbe si gbe wofɔ miaƒe fu, eye metsɔ mi tso gbe si gbe wodzi mi


Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie.


“Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom; woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi.


eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu.


O! Vinyɔnu, ɖo to, nàbu eŋu, eye nàƒu to anyi. Ŋlɔ wò dukɔ kple fofowò ƒe aƒe la be.


Miva, vinyewo, miɖo tom, ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.


Efia nu geɖe amewo to lododowo me.


Nuku siwo wòwu la ƒe ɖewo ge ɖe mɔto, eye xeviwo va fɔ wo mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite