Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:33 - Agbenya La

33 Yesu biae be, “Ame kae nye danye? Ame kawoe nye nɔvinye ŋutsuwo?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye wòɖo ŋu na wo bena: Amekawo nye danye kple nɔvinyewo mahã?

Gade chapit la Kopi




Marko 3:33
9 Referans Kwoze  

Alo menye ame siae nye atikpala la oa? Menye Maria ƒe viŋutsu si nɔviwoe nye Yakobo, Yosef, Yuda kple Simɔn, siwo le mía dome, eye nɔvia nyɔnuwo hã le mía dome oa?” Esia na eƒe nu ve dɔme na wo ŋutɔ.


Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe, elabena wobu be eƒe tagbɔe da.


Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.


Eya ta tso fifia dzi heyina la, migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke le ŋutilã nu be ame sia nye amegã alo bubume alo be nɔvi kristotɔ aɖe nye nu vɔ̃ wɔla o. Ŋku ma ƒomevie míetsɔ kpɔ Kristoe tsã be enye vɔ̃wɔla, gake fifia la, meganye nenemae míegale ekpɔm o.


Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”


Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?”


Ameha gã aɖe nɔ anyi ɖe egbɔ ƒo xlãe, eye wogblɔ nɛ be, “Dawò kple nɔviwò ŋutsuwo di be yewoakpɔ wò le aƒea godo.”


Etsa ŋku le ame siwo ƒo xlãe la dome godoo, eye wògblɔ be, “Ame siawoe nye danye kple nɔvinye ŋutsuwo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite