Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:2 - Agbenya La

2 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu.

Gade chapit la Kopi




Marko 3:2
12 Referans Kwoze  

Ame vɔ̃ɖiwo de xa ɖi na ame dzɔdzɔewo, eye wole woƒe ku dim;


Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie.


Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.


Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ.


Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.


eye wòkpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma. Farisitɔ siwo nɔ afi ma la biae enumake be, “Ele se la nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzia?” Wonɔ mɔ kpɔm be aɖo eŋu be “Ɛ̃,” ne yewoatsɔ nya ɖe eŋu.


Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o.


Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”


Yesu yɔ amea be neva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume.


Ame siawo bia nya sia Yesu be yewoatsɔ atre mɔ nɛ ale be ne wògblɔ nya aɖe ko la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu. Ke Yesu bɔbɔ ta tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nue ɖe anyigba.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite