Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:17 - Agbenya La

17 Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo ƒe vi (siwo Yesu na ŋkɔe be, “dziɖegbe ƒe viwo”);

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo;

Gade chapit la Kopi




Marko 3:17
16 Referans Kwoze  

Elabena Mawu ƒe nya la le agbe le dɔ wɔm. Eɖana wu hɛ nuevee ɖe sia ɖe, eƒona ɖe ame yina ɖe eme ke, hemaa luʋɔ kple gbɔgbɔ me, maa ƒunukpeƒewo kple ƒutomemiwo dome, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu tamesusuwo kple dzimedidiwo.


Ekplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi. Le gaƒoƒo sia me la, vevesese helĩhelĩ kple nuxaxa yɔ eme.


Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me.


“Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ.


Le ɣe ma ɣi me la, Fia Herodes lé hamevi aɖewo heɖoe be yeawɔ fu wo le xɔse la ta.


Eva dzɔ be, Simɔn Petro, Toma (si wogayɔna be Didymus), Nataniel si tso Kana le Galilea kple Zebedeo ƒe viwo hekpe ɖe nusrɔ̃la eve bubu ŋu wonɔ ƒuta.


Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo va egbɔ, va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ nane na mí.”


Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes woyi to kɔkɔ aɖe tame. Ame aɖeke menɔ teƒe sia o. Esi woɖo afi ma teti ko la, Yesu ƒe mo de asi keklẽ me kple ŋutikɔkɔe,


“Gblɔe kple ɣli, mègadzudzɔ o. Kɔ wò gbe dzi abe kpẽ ene. Gblɔ nye dukɔ ƒe aglãdzedze nɛ kple Yakob ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo nɛ.


Eyi edzi gblɔ nam be, “Ele na wò be nàgagblɔ nya ɖi tso ame geɖewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”


Esi wogazɔ yi ŋgɔ vie ko la, Yesu kpɔ nɔviŋutsu eve siwo ŋkɔwoe nye, Yakobo kple Yohanes kple wo fofo Zebedeo le ʋu me wonɔ woƒe ɖɔ vuvuwo sam. Yesu yɔ nɔviŋutsu eveawo hã be woava dze ye yome.


Ame wuieve siwo wòtia la ƒe ŋkɔwoe nye: Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro),


Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo ƒe vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,


Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite