Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 2:13 - Agbenya La

13 Yesu gado go yi ƒuta, eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eve wògayi ɖe ƒu la nu, eye ameha la katã va egbɔ, eye wòfiã nu wo.

Gade chapit la Kopi




Marko 2:13
11 Referans Kwoze  

Eva eme be ame geɖewo gava ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu esime wònɔ nu fiam le ƒuta. Le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, ege ɖe ʋu aɖe me hafi nɔ nua fiam.


eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi le gbedoxɔ la me be yewoaɖo to eƒe nufiafia.


Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.


Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la.


Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.


Gbe ma gbe Yesu do go tso aƒea me yi ɖanɔ anyi ɖe ƒua nu.


Esi Yesu nɔ tsa ɖim le dua me la, eva ke ɖe dugadzɔla aɖe si woyɔna be Mateo la ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu yɔe gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃la.” Mateo tso enumake, eye wòdze Yesu yome.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Kapernaum, eye woyi anyigbeme lɔƒo le Yudea nutowo me kple nuto si le Yɔdan ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, amehawo va ƒo zi ɖe Yesu ŋu, eye wòfia nu wo abe ale si wòwɔnɛ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite