Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 16:20 - Agbenya La

20 Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.]

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke woamawo yi ɖaɖe gbe ƒã nya la fia le afisiafi, eye Aƒetɔ la le dɔ wɔm kpli wo, le ŋusẽ dom nya la to dzesi, siwo kpe ɖe wo ŋu la me.

Gade chapit la Kopi




Marko 16:20
15 Referans Kwoze  

Esia hã meɖe dzi le Paulo kple Barnabas ƒo kura o, ke boŋ wonɔ dua me hegblɔ amenuvevenya kple dzideƒo ɣeyiɣi didi aɖe. Aƒetɔ la na ŋusẽ wo wowɔ nukunu kple dzesi geɖewo be yewoafia kɔtɛe be eƒe nya la kakam yewole vavã.


Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.


Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.


Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be “Solomo ƒe Akpata” la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma.


Do wò asi ɖa be míate ŋu ada gbe le dɔnɔwo ŋu, awɔ nukunu gãwo le wò dɔla Kɔkɔe, Yesu, ƒe ŋkɔ me.”


Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome la ŋu,


ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ, eye wonye dɔlawo na nya la.


aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite