Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 15:5 - Agbenya La

5 Gake Yesu meke nu o. Esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke Yesu megaɖo nyaa ɖeke ŋu o, ale bena Pilato ƒe mo wɔ yaa.

Gade chapit la Kopi




Marko 15:5
10 Referans Kwoze  

Wotee ɖe to, eye wòkpe fu, gake meke nu o. Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge. Ezi ɖoɖoe kpoo abe alẽ si le eƒe fukolawo ŋkume la ene, eye meke nu o.


“ ‘Miɖo to, O nunɔlagã Yosua kple wò kpeɖeŋutɔ siwo nɔ anyi ɖe ŋgɔwò, ame siwo nye nu siwo ava va eme la ƒe dzesi. Meyi makplɔ nye dɔla Atilɔ la vɛ.


Elabena edzena nam be Mawu tsɔ mí apostolowo da ɖe fli la ƒe nuwuwu abe ame siwo wotso kufia na woyina wuwu ge le dutoƒo la ene. Wodo kpɔkpɔ mí le xexea me katã le mawudɔlawo kple amegbetɔwo gbɔ.


Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o, eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.


Mezu nu maɖinu na ame geɖewo, gake wòe nye nye mɔ sesẽ.


eye wògage ɖe fiasã la me, eye wòbia Yesu be, “Afi ka nètso?” Gake Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o.


Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.


Nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake ezi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o.


Pilato gabiae be, “Nu ka ta mèdi be yeaɖo nya aɖeke ŋu o? Nya gbogbo siwo katã wotsɔ ɖe ŋuwò la nye nyateƒea?”


Herod bia nya geɖewo Yesu, ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite