Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 15:29 - Agbenya La

29 Ame siwo va nɔ eŋu tom la ɖea alɔme le eŋu, eye woʋuʋua ta hekonɛ. Ɖewo hã doa ɣli gblɔna nɛ fewuɖutɔe be, “Ɛhɛ̃! Kpɔ ale si wòva zu na wò ɖa! Wòe be yeate ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ megbe. Nenye be ŋusẽ le asiwò nàte ŋu awɔ nukunu gã siawo la,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ hele ta ʋuʋum, eye wole gbɔgblɔm bena: Hoo na wò, wò amesi le mawuxɔ la gbãm, eye nègale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la;

Gade chapit la Kopi




Marko 15:29
16 Referans Kwoze  

“Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”


Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo, eye woʋuʋua ta ne wokpɔm.


Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la si akpe ɖe ŋuwò, woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò Yerusalem vinyɔnu ŋu be, “Du siae woyɔna be tugbefia kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?”


“Mi ame siwo katã to afi ma yi, ɖe mewɔ naneke na mi oa? Mitsa ŋku miakpɔe ɖa! Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye, esi Yehowa he va dzinye le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea?


Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”


Elabena woti ame siwo ŋu nède abii la yome, eye wole nu ƒom le ame siwo nèwɔ nuvevii la ƒe vevesese ŋu.


Tawòe wodo vlom ɖo, eye ŋukpe tsyɔ mo nam.


Ale wowu ale si mawunya gblɔ da ɖi la nu be, “Wobui ɖe ame vɔ̃ɖiwo dome.]”


ɖe ɖokuiwò le atitsoga la ŋue!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite