Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 15:26 - Agbenya La

26 Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye: Yudatɔwo ƒe Fia.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la.

Gade chapit la Kopi




Marko 15:26
14 Referans Kwoze  

Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, Ame siae nye Yesu, Yudatɔwo ƒe Fia la.


“Afi ka Yudatɔwo ƒe fia yeye si wodzi la le? Míekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe ke, ale míeva be míasubɔe.”


Dzi nadzɔ wò, O Zion vinyɔnu! Do ɣli, wò Yerusalem vinyɔnu, kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò. Enye dzɔdzɔetɔ, eye wòhe ɖeɖe vɛ, ebɔbɔ eɖokui, eye wòle tedzi dom, si nye tedzivi si nye tedzinɔ ƒe vi.


Esi Yesu va ɖo Pilato gbɔ la, Pilato biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, abe ale si miegblɔe ene.”


Ke menye esiae nye eƒe susu o, menye esia bum wòle o, eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ nu, eye yeahe dukɔ geɖewo ƒe nuwuwu vɛ.


Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me; efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Mena mienya nuwuwua tso gɔmedzedzea, eye tso blema ke, mienya nu si ava dzɔ. Megblɔ be, ‘Nye nuɖoɖiwo anɔ anyi tegbee, eye mawɔ nu siwo katã dze ŋunye,’


Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí.


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


Woklã adzodala eve aɖewo hã ɖe eƒe axa eveawo dzi. [


“Wò Kristo la! Wò Israel ƒe Fia! Ɖi le atitsoga la ŋu, ekema mí katã míaxɔ dziwò ase!” Adzodala eve siwo woklã ɖe atitsogawo ŋu kpli gɔ̃ hã dzui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite