Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:40 - Agbenya La

40 Esi wògatrɔ va la, ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko, elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. Womenya nya si woagblɔ nɛ esi wòva kpɔ wo o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye esi wògatrɔ va la, egakpɔ wo le alɔ̃ me; elabena woƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃, eye womenya nya, si woaɖo eŋu nɛ o.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:40
6 Referans Kwoze  

Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.


Yuda gblɔ be, “O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Aƒetɔ, mí katã míetrɔ va be míazu wò kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa.”


Yesu gatrɔ yi teƒe la, eye wògado gbe ɖa vevie, hegbugbɔ nu siwo wòbia tsã la bia.


Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.


Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite