Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:2 - Agbenya La

2 Ke wogblɔ be, “Míate ŋu awui le ŋkekenyui la dzi o, ne míewɔe la, ʋunyaʋunya adzɔ.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 elabena wogblɔ bena: Menye ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:2
13 Referans Kwoze  

Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, nu sia mele mía dzi de ge o. Mikpɔ ale si xexea me katã kplɔe ɖoe ɖa!”


Esi ameha la se nya si wògblɔ la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Le nyateƒe me la, ame siae nye Nyagblɔɖila la.”


Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”


Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)


Esi nunɔlagãwo kple sefialawo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke wonɔ vɔvɔ̃m, elabena ame geɖewo kpɔ dzidzɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti.


Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be, “Míawɔ nu sia, gake menye le Ŋutitotoŋkeke la dzi o, ne menye nenema o la, zi atɔ le dukɔa me.”


Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime.


Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.


Nu geɖewo ame ɖo ɖe eƒe dzi me, gake Yehowa ƒe ɖoɖo koe vaa eme.


“Abe ale si mienya ene la, Ŋutitotoŋkekea adze egɔme le ŋkeke eve megbe, woadem asi eye woaklãm ɖe ati ŋuti.”


Azɔ esusɔ ŋkeke eve pɛ ko ne Ŋutitoto kple Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui la naɖo, eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ganɔ ayemɔ si dzi woato alé Yesu, awui le bebeme la dim.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu le Betania, le Simɔn ame si lé kpodɔ kpɔ la ƒe aƒe me. Esi wonɔ fiẽnu ɖum la, nyɔnu aɖe tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe, si le goe nyui aɖe me la vɛ. Eʋu nu le amiʋeʋĩ la nu, eye wòtrɔ wo katã kɔ ɖe Yesu ƒe tame.


Azɔ Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Ŋutitotoŋkeke la te tu aƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite