Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:34 - Agbenya La

34 “Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ele abe amea ɖe, si yi nugbe, egblẽ eƒe aƒe eɖi, eye wòna ŋusẽ eƒe dɔlawo, amesiame xɔ eƒe dɔwɔwɔ, eye wòde se na xɔnuvi la bena, wòanɔ ŋudzɔ la ene.

Gade chapit la Kopi




Marko 13:34
17 Referans Kwoze  

Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe.


esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na.


Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, esi kakaɖedzi li be míava ɖu dzi ta la, misẽ ŋu, eye minɔ te. Mina miaƒe dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me nagbã go ɖaa, elabena mienya be nu sia nu si miawɔ na Aƒetɔa la mazu dzodzro akpɔ abe ale si wòanɔ ne tsitretsitsi aɖeke meli ene o.


Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo na wò, ale be ʋɔ siwo nàtu le anyigba dzi afii la, woanɔ tutu le dziƒo, eye ʋɔ siwo nàʋu le anyigba dzi la, woanɔ ʋuʋu le dziƒo.”


“Ŋlɔ agbalẽ na Filadelfia hamea ƒe mawudɔla be, Esiawo nye ame si le kɔkɔe, nye nyateƒetɔ, eye David ƒe safui le esi la ƒe nyawo. Nu si wòʋu la, ame aɖeke mate ŋu atui o, eye nu si wòtu la, ame aɖeke mate ŋu aʋui o.


Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo.


Midzɔ miaƒe dugawo hã le nu eve siawo ke ta, elabena ele be woaxe fe na dziɖuɖudɔwɔlawo, ale be woate ŋu anɔ Mawu ƒe dɔ la wɔm, anɔ kpekpem ɖe mia ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite