Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:24 - Agbenya La

24 “Le fukpekpe gã ma megbe la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o;

Gade chapit la Kopi




Marko 13:24
20 Referans Kwoze  

Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.


Ke Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene. Dziƒowo nu ava yi kple gbeɖeɖe gã aɖe, woatsrɔ̃ gɔmeɖonuwo kple dzo, eye anyigba kple edzinuwo katã abi keŋkeŋ.


Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti, eye menye kekeli oa? Ɖe menye blukɔe wònye, eye keklẽ mele eme oa?


Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.


Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.


esi miele mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋkeke la, hele du dom eƒe vava. Ŋkeke sia ƒe vava ana woatsrɔ̃ dziƒowo kple dzo, eye emenuwo alolõ le dzoxɔxɔ la me.


Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o.


“Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ.


Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.


Ne mena nuwò yi la, Matsyɔ nu dziƒo nu. Mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Matsɔ lilikpo atsyɔ ɣe ŋkume, Eye ɣleti magana kekeli o.


Eya ta anyigba axa nu eye dziƒo ado viviti elabena meƒo nu eye nyemagbe edziwɔwɔ o. Meɖo ta me eye nyematrɔ susu o.”


Eya ta mikpɔ nyuie! Megblɔe na mi do ŋgɔ!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite