Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:21 - Agbenya La

21 “Nenye be ame aɖe gblɔ na mi be, ‘Kristo lae nye esi alo eyae nye ekemɛ la,’ migake nu dee o

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye le ɣemaɣi me, ne amea ɖe lagblɔ na mi bena: Kpɔ ɖa, Kristo la le afii alo kpɔ da, ele afime la, migaxɔe se oa.

Gade chapit la Kopi




Marko 13:21
8 Referans Kwoze  

Eɖo eŋu na wo be, “Mikpɔ nyuie be woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ be, ‘Nyee nye esi’ eye ‘Ɣeyiɣi la ɖo vɔ.’ Migadze wo yome o.


elabena ame geɖewo ava le nye ŋkɔ me agblɔ be, ‘Nyee nye Kristo la,’ eye woaflu ame geɖewo.


Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe.


Nenye Mawu ɖe meto ŋkeke vɔ̃ɖi siawo ɖe eme o la, anye ne ame ɖeka pɛ teti hã masusɔ ɖe anyigba dzi o. Gake le eya ŋutɔ ƒe ame tiatiawo ta la, eto ŋkekeawo ɖe eme.


elabena aʋatsokristotɔwo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ava do, eye woawɔ nukunu gã siwo dzi Mawu ƒe ame tiatiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ ase.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite