Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 12:28 - Agbenya La

28 Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye agbalẽfialawo dometɔ ɖeka va, amesi se woƒe nusesẽwɔwɔ la; esi wonyae bena, eɖo ŋu na wo nyuie la, ebiae bena: Seawo katã dome la kae nye gbãtɔ mahã?

Gade chapit la Kopi




Marko 12:28
8 Referans Kwoze  

Sefialawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Nufiala, ègblɔe nyuie ŋutɔ!”


Ŋutsu la gabiae be, “Se kawoe?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woawoe nye, mègawu ame o; mègawɔ ahasi o; megafi fi o; mègada alakpa o;


eya ta ne ame aɖe da le se siawo ƒe suetɔ kekeake dzi, eye wòfia amewo hã be woada le edzi la, eyae anye suetɔ kekeake le dziƒofiaɖuƒe la me. Ke ame siwo fiaa Mawu ƒe seawo, eye wowɔna ɖe wo dzi la, woayɔ wo be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.


“Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.


“Baba na mi, mi Sefialawo kple Farisitɔwo, mi alakpanuwɔlawo! Mienaa ahamɛ, sikɔni kple tsyo ƒe ewoliawo gɔ̃ hã, gake miegblẽ se la ƒe nu vevitɔ siwo nye afia nyui tsotso, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ la ɖi. Ele be miawɔ ɖe esiawo hã dzi, eye mele be miagbe ekemɛawo hã o.


Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ be ameha gã aɖe ƒo xlã nusrɔ̃la mamlɛawo, eye Yudatɔwo ƒe agbalẽfialawo nɔ nya hem kpli wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite