Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 11:4 - Agbenya La

4 Nusrɔ̃la eveawo dze mɔ, eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumee la,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete wodzo yi, eye wokpɔ tedzivi la, wode kae ɖe agbo la nu le xexe le mɔ to, eye wotui.

Gade chapit la Kopi




Marko 11:4
8 Referans Kwoze  

To xɔse me esi woyɔ Abraham be wòayi teƒe si wòava xɔ wòazu eƒe domenyinu la, eɖo to, eye wòyi, togbɔ be menya afi si yim wònɔ o hã.


Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”


Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye wodzra ɖo na Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu le afi ma.


Egblɔ na wo be, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo, eye miakplɔ wo vɛ.


Ne ame aɖe bia mi be nu ka ta miele ka ɖemee hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm, eye aɖoe ɖa enumake.’ ”


ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka ta miele ka tum tedzivi la ɖo?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite