Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 11:33 - Agbenya La

33 Esia ta wogblɔ nɛ be, “Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo wɔm la na mi o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye woxɔ edzi gblɔ na Yesu bena: Míenyae o. Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi o.

Gade chapit la Kopi




Marko 11:33
26 Referans Kwoze  

Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Seawo la, nutsyɔnu gatsyɔa wofe mo kokoko.


Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.


Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Megblɔ nya sia na mi xoxo, gake miesee o. Nu ka ta miedi be magagblɔe na mi ɖo? Alo ɖe miedi be yewoazu eƒe nusrɔ̃lawoa?”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa?


Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi o.”


Dzidzime vɔ̃ɖi, ahasitɔ sia le nukunu ƒe dzesi dim, ke womawɔ ɖeke na wo o, negbe Yona ƒe dzesi la ko.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi, eye wòdzo.


Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”


Israel ƒe gbetakpɔlawo katã nye ŋkugbagbãtɔwo. Nunya metso aƒe ɖe wo gbɔ o. Avu si ƒe aɖe tu lae wonye. Womate ŋu awo o. Womlɔa anyi hekua drɔ̃e, eye alɔ̃ vivia wo nu.


Nyitsu nyaa eƒe aƒetɔ, eye tedzi nyaa eƒe nuɖuƒe, ke Israel menyam o, eye nye amewo mese nye nyawo gɔme o.”


Eléa nunyalawo le woƒe ayemenuwɔwɔwo me eye wòkplɔa ame drãwo ƒe nu drã wɔwɔ dzonae.


Le simadzemadze ta nye amewo le tsɔtsrɔ̃m, esi mi, nunɔlawo, miedo vlo sidzedze ta la, nye hã megbe be miaganye nye nunɔlawo o, eye esi mieŋlɔ miaƒe Mawu ƒe sewo be ta la, nye hã maŋlɔ mia viwo be.


Gake ne míegblɔ be, ‘Amewo gbɔ wòtso la’ …” (Wovɔ̃ be ʋunyaʋunya adzɔ, elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.)


Yesu ƒo nu na wo le lododowo me be, “Ame aɖe de waingble gã aɖe, eye wòɖo gli ƒo xlãe. Etu wainfiaƒe hã. Hekpe ɖe esia ŋu la, etu gbetakpɔxɔ aɖe, afi si ame anɔ, adzɔ agble la ŋu ɣe sia ɣi. Azɔ etsɔ agble la de agbledzinɔla aɖewo ƒe asi me be woakpɔ edzi, ale wòdzo yi du didi aɖe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite