Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 11:17 - Agbenya La

17 Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe.

Gade chapit la Kopi




Marko 11:17
9 Referans Kwoze  

woawoe makplɔ ava nye to kɔkɔe la dzi, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Maxɔ woƒe numevɔsa kple akpedavɔsa siwo wotsɔ va nye vɔsamlekpui dzi, elabena woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.”


Ɖe aƒe sia si ŋuti woyɔ nye Ŋkɔ ɖo la zu adzodalawo ƒe do na mia? Ke nye la, mele ekpɔm!’ ” Yehowae gblɔe.


Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”


Egblɔ na ame siwo nɔ akpakpawo dzram la be, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asimee o!”


Alakpanudanu le asitsalawo si, wolɔ̃a amebaba.


Woakplɔ Kedar ƒe lãhawo aƒo ƒu vɛ na wò, eye Nebayɔt ƒe agbowo asubɔ wò. Woaxɔ wo abe vɔsa ene le nye vɔsamlekpui dzi, eye maɖo atsyɔ̃ na nye gbedoxɔ kɔkɔe la.


eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke ato gbedoxɔ la me o.


Ekpɔ amewo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔlim na amewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite