Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:37 - Agbenya La

37 Woɖo eŋu nɛ be, “Míedi be míanɔ wò nuɖusime kple wò miame le wò fiaɖuƒe la me. Ame ɖeka nanɔ wò ɖusime eye ame evelia nanɔ wò miame.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Ke wogblɔ nɛ bena: Na bena, mia dome ame ɖeka nabɔbɔ nɔ anyi ɖe wò nuɖusi me, eye ɖeka hã nanɔ wò mia me le wò ŋutikɔkɔe la me.

Gade chapit la Kopi




Marko 10:37
10 Referans Kwoze  

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo,


Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?”


Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.


Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.”


hedze agbagba be yewoanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiam, esi wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti.


Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”


“Ne Nye, Amegbetɔ Vi la meva le nye ŋutikɔkɔe me kple mawudɔlawo katã la, ekema manɔ anyi ɖe nye ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi.


Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.


Fiavinyɔnuwo le wò nyɔnu bubumewo dome, eye fiasrɔ̃ si do Ofir Sikanuwo la nɔ wò nuɖusime.


Yesu bia wo be, “Nu ka dim miele?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite