3 Yesu trɔ bia wo be, “Aleke Mose gblɔ tso srɔ̃gbegbe ŋuti?”
3 Eye wòɖo ŋu na wo bena: Aleke Mose de see na mi mahã?
Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se la te la, mienya nu si se la gblɔ oa?
Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.
Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye,
Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?”
Farisitɔ aɖewo va egbɔ le afi sia be yewoadoe kpɔ ne yewoalée le nya aɖe me. Wobiae be, “Woɖe mɔ na ŋutsu be wòagbe srɔ̃a?”
Ameawo ɖo eŋu nɛ be, “Mose ɖe mɔ be srɔ̃ŋutsu naŋlɔ agbalẽ na srɔ̃nyɔnu be yegbee.”