Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:23 - Agbenya La

23 Esi wòdzo yina la, Yesu kpɔ eyome dũu eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gblɔ na wo be, “Asesẽ na kesinɔtɔwo ŋutɔ hafi woage ɖe mawufiaɖuƒe la me!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Yesu tsa ŋku godoo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke gbegbe wosẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena wòayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!

Gade chapit la Kopi




Marko 10:23
13 Referans Kwoze  

Nɔviwo, ne mielé ŋku ɖe mia nɔewo dome la, miakpɔe be mí ame siwo le Kristo yome la, dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye amegãwo alo ame ŋkutatɔwo.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, miɖo tom: Ɖe Mawu metia ame siwo xexemetɔwo buna be wonye ame dahewo la be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me, eye be woanyi fiaɖuƒe si ŋugbe wòdo na ame siwo lɔ̃nɛ la ƒe dome o mahã?


Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina, eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me!


Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.


eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.


Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyateƒe gblɔm mele na wò be, ne womegbugbɔ ame dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.


Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la mage ɖe eme gbeɖe o.”


Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia.


Azɔ egblɔ na wo be, “Vavã mele egblɔm na mi bena, ne ame aɖe metsri nu vɔ̃, eye wòtrɔ ɖe Mawu ŋu hexɔ edzi se abe ɖeviwo ene o la, mage ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o,


“Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu alo megblɔ na sika nyuitɔ be, ‘Wòe nye nye sitsoƒe,’


Ɖekakpui la yrɔ esi wòse nya siawo; eƒe mo trɔ zi ɖeka eye wòdzo nublanuitɔe, elabena enye kesinɔtɔ gã aɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite