Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:18 - Agbenya La

18 Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem bena nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.

Gade chapit la Kopi




Marko 10:18
14 Referans Kwoze  

Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.


Yesu gblɔ nɛ be, “Ne èyɔm be Aƒetɔ nyui la, ekema Mawue nye ema yɔm nèle, elabena ame ɖeka koe li woayɔ be ame nyui, eye ame siae nye Mawu. Le wò biabia la ŋuti la, mele egblɔm na wò be àte ŋu ayi dziƒo nenye be èwɔ ɖe Mawu ƒe seawo dzi.”


Eye míawo míedze si lɔlɔ̃ si Mawu tsɔ lɔ̃a mi, eye míexɔ edzi se. Mawue nye lɔlɔ̃, eye ame si nɔa lɔlɔ̃ me la, eya nɔa Mawu me, eye Mawu hã nɔa eya me.


“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.


Ame sia ame tra mɔ; wo katã wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o; ame ɖeka pɛ hã meli o.


Ame si melɔ̃a ame o la, menya Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.


Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.


Wò la, ènyo, eye nu si nèwɔ la hã nyo, eya ta fia wò sededewom.


O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.


Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame, eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.


Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzra ɖo vɔ be yewoayi teƒe aɖe la, ɖekakpui aɖe ƒu du va dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”


Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite