Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 1:22 - Agbenya La

22 Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena efia nu wo abe amesi si ŋusẽ le la ene, eye menye abe agbalẽfialawo ene o.

Gade chapit la Kopi




Marko 1:22
14 Referans Kwoze  

Etrɔ yi fofoawo de, eye wòfia nu le woƒe ƒuƒoƒe, ke ewɔ nuku na wo ŋutɔ. Wobia be, “Afi ka ame sia xɔ nunya kple nukunu gã siwo wɔm wòle la tsoe mahã?


Gbedoxɔŋudzɔlaawo ɖo eŋu na wo be, “Ame aɖeke meƒo nu abe ŋutsu sia ene kpɔ o.”


Eƒe nyagbɔgblɔwo wɔ nuku na ameawo katã le afi sia hã, elabena eƒo nu ŋusẽtɔe.


“Ɖe nye nya mele abe dzo ene kple zu si gbãa kpe sesẽ gudugudu la ene oa?” Yehowae gblɔ.


Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume.


Gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖu Stefano dzi o, le eƒe nunya kple gbɔgbɔ si le eme la ta.


elabena mana nunya mi, eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi, ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o.


Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be,


Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite