Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Malaki 1:3 - Agbenya La

3 Ke Esau ya la melé fui, metrɔ eƒe nɔƒe wòzu gbegbe, eye metsɔ eƒe domenyinu na amegaxiwo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ke melé fu Esau ya; metsɔ eƒe towo wo gbegbee, eye eƒe ɖomenyinu zu gbedada ƒo na amegãxiwo.

Gade chapit la Kopi




Malaki 1:3
26 Referans Kwoze  

Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.


Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.


Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi,


Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.” ’


Babilonia azu anyiglago, amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu, teƒe si ame maganɔ akpɔ o.


Gake nye la, maɖe amama Esau, mana eƒe ŋukpeƒe nadze ale be mate ŋu aɣla eɖokui o. Viawo, eƒe ƒometɔwo kple eƒe aƒelikawo atsrɔ̃ eye womaganɔ anyi o.


“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe kple nɔƒe na amegaxiwo, eye mawɔ Yuda duwo woazu aƒedo ale be ame aɖeke manɔ wo me o.”


Blezibleziteƒewo atrɔ azu tsita eye anyigba si ƒu kplakplakpla la agbɔ agbe kple tometsi. Teƒe siwo nye amegaxiwo nɔƒe tsã la atrɔ azu lãnyiƒe azɔ, eye aƒlawo kple ati si ƒe aŋgbawo dzi woŋlɔa nu ɖo tsã la amie ɖe afi ma.


“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Yehowa gblɔ nɛ be, “Viŋutsu eve siwo le dɔ me na wò la azu dukɔ eve siwo aʋli ho kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu evelia, eye tsitsitɔ azu subɔla na ɖevitɔ.”


Mi ame siwo le Dedan, mitrɔ, misi, miyi ɖaɣla ɖe agado goglowo me, elabena mahe gbegblẽ va Esau dzi, ne ɣeyiɣi de be mahe to nɛ.


Eya ta ɖo to nàse nu si Yehowa ɖo ɖe Edom ŋuti, kple nu si wòɖo kplikpaa ɖe Temantɔwo ŋu: Woahe alẽviwo adzoe le alẽha me, agblẽ woƒe gbeɖuƒe keŋkeŋkeŋ le woƒe nuwɔwɔwo ta.


“Hazor azu nɔƒe na amegaxiwo eye wòazu aƒedo tegbetegbe. Ame aɖeke manɔ afi ma o; aƒe aɖeke manɔ eme o.”


O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.


Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite