Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:34 - Agbenya La

34 Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Ke esi wòle nusiawo gblɔm la, alilikpo va, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi; ke wovɔ̃, esi woyi ɖe alilikpo la me.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:34
12 Referans Kwoze  

Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.


Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”


Esi Gideon dze sii be Yehowa ƒe dɔlae yekpɔ la, edo ɣli be, “Oo, Aƒetɔ Yehowa! Mekpɔ Yehowa ƒe dɔla ŋkume kple ŋkume!”


Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)


Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite