Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 9:3 - Agbenya La

3 Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o.

Gade chapit la Kopi




Luka 9:3
12 Referans Kwoze  

Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.”


Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.


eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o.


Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o,


Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke.”


Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo!


Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me.


Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo, eye wòdɔ wo eveve hena ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me.


Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite