Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 6:6 - Agbenya La

6 Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye wòva ve me le Sabat bubu dzi bena, eyi ɖe ƒuƒoƒe la, be yeafia nu; eye amea ɖe le afima, si titi lé nuɖusi na.

Gade chapit la Kopi




Luka 6:6
14 Referans Kwoze  

Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [


Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me, eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Dzudzɔgbe ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le woƒe ƒuƒoƒewo.


Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la,


Yesu tsa le Galilea nutowo katã me nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo, eye afi sia afi si wòyi ko la, eɖea gbeƒã fiaɖuƒe la ƒe nyanyui la. Hekpe ɖe esia ŋu la, eda gbe le dɔ ƒomevi vovovo lélawo ŋu le dukɔ la me.


Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.


Ke Yesu bia Farisitɔ kple senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe ŋkekea dzia?”


Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi la,


Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo, klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum.


Esi Fia Yeroboam se nya si Mawu ƒe ame la gblɔ ɖi ɖe Betel vɔsamlekpui la ŋuti kple ɣli la, edo eƒe asi ɖa tso vɔsamlekpui la gbɔ eye wògblɔ be, “Milée!” Gake asi si wòdo ɖe amea gbɔ la dze ti ɖe eŋu, ale be magate ŋu ahee ava eɖokui ŋu o.


“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la, ame si gblẽ alẽha la ɖi! Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku! Eƒe abɔ nedzo ɖo agu, eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”


Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nye Amegbetɔ Vi lae nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite