Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 5:5 - Agbenya La

5 Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu, gake míeɖe naneke o, gake esi nègblɔe ko la, míagada ɖɔ la.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Simon xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye miekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo.

Gade chapit la Kopi




Luka 5:5
14 Referans Kwoze  

Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”


Ne miewɔ ɖe nye sewo dzi la, ekema mienye xɔ̃nyewo.


Simɔn Petro gblɔ be, “Meyina tɔƒo.” Wogblɔ be, “Míayi kpli wò.” Ale woyi ɖage ɖe tɔdziʋu la me, gake womeɖe lã aɖeke le zã ma me o.


Nusrɔ̃lawo ɖe abla va Yesu gbɔ heʋuʋui, eye wònyɔ. Wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ, míele nyɔnyrɔm!” Ale Yesu fɔ, eye wòblu ɖe ahom la ta. Enumake ɖoɖoe gã aɖe zi eye ahom la dzudzɔ. Ya la kple ƒutsotsoeawo dze kɔ anyi kpoo.


“Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí!”


Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)


Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”


Tɔƒodelawo atsi tsitre ɖe tɔsisi la to, tso En Gedi yi En Eglaim, teƒe anɔ anyi na ɖɔkpɔkplɔ. Tɔmelã vovovowo anɔ anyi abe Atsiaƒu Gã la ƒe tɔmelãwo ene.


Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite