Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:37 - Agbenya La

37 Nukunu si Yesu wɔ la kaka ɖe nutoa katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afima nutowo katã me godoo.

Gade chapit la Kopi




Luka 4:37
8 Referans Kwoze  

Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ yɔ Yesu me fũu azɔ ale wòtrɔ yi Galilea. Eteƒe medidi o la, amewo nyae le nuto sia me kpe ɖo.


Fia Herod se Yesu ŋkɔ, elabena ame sia ame nɔ nu ƒom tso nukunu siwo katã wɔm wònɔ la ŋu. Fia la bu be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, elabena amewo le gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae fɔ, eya ta wòte ŋu le nukunu siawo wɔm ɖo.”


Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.


Nukunu sia kaka ɖe nuto blibo la katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe.


Kpɔɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me. Woadoe ɖe dzi. Axɔ ŋkɔ, eye woade bubu gã aɖe eŋu.


Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.


Ke ameawo mewɔ ɖe Yesu ƒe didi dzi o; esi wodo ɖe ablɔ dzi ko la, wokaka nu si wòwɔ na wo la, eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo le nuto blibo la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite