Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 4:17 - Agbenya La

17 wotsɔ Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ be wòaxlẽ. Eʋu teƒe si woŋlɔ ɖo be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wotso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ, eye esi wòdu agbalẽa la, ekpɔ teƒe, afisi woŋlɔ ɖo bena:

Gade chapit la Kopi




Luka 4:17
9 Referans Kwoze  

Esi woxlẽ nya tso Mose ƒe Agbalẽ kple Nyagblɔɖilawo ƒe Agbalẽawo me vɔ abe ale si wowɔna ɖaa ene la, ƒuƒoƒemegãwo dɔ ame ɖo ɖe Barnabas kple Paulo gbɔ gblɔ be, “Nɔviŋutsuwo, ne nuxlɔ̃amenya aɖe le mia si na ameawo la, migblɔe, míeɖe kuku.”


Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?


Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Elabena David ŋutɔ gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be, “ ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be, “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusime,


Eva Nazaret, afi si wonyii le, eye wòyi woƒe ƒuƒoƒe le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi abe ale si wòwɔnɛ ene. Esi wòtso be yeaxlẽ mawunya la,


“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me,


Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa.


“Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite