Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:9 - Agbenya La

9 Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo; azɔ ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ ɖea dzo me.

Gade chapit la Kopi




Luka 3:9
14 Referans Kwoze  

Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me,


Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.


Nenye be etse ku la, enyo, ke ne metse ku o la, malãe ƒu anyi.’ ”


Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’


Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.


elabena dzo si fiaa nu lae nye míaƒe Mawu la.


“Wò, O fia, èkpɔ dɔla aɖe, ame kɔkɔe aɖe, wònɔ ɖiɖim tso dziƒo henɔ gbɔgblɔm na wò be, ‘Tso ati la ƒu anyi eye nàtsrɔ̃e gake nàgblẽ eƒe takpoa ɖe tome eye nàde gayibɔ kple akɔblikɔsɔkɔsɔe ɖe gbe damawo dome le esime eƒe kewo le tome. Na dziƒozãmu naƒoe, wòanɔ agbe abe gbemelãwo ene va se ɖe esime ƒe adre nava yi.’


Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.


“ ‘Ati siwo nɔ Eden la dometɔ kae woatsɔ asɔ kpli wò le nyonyo kple fianyenye me? Ke woatsɔ wò hã akpe ɖe Eɖen ƒe atiwo ŋuti ade yɔdo me. Ànɔ aʋamatsomatsotɔwo dome, akpe ɖe ame siwo tsi yinu la ŋuti. “ ‘Ame siawoe nye Farao kple eƒe ame gbogboawo’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Ame sia ame si ada le Mose ƒe se dzi la, woƒua kpee nublanuimakpɔmakpɔtɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu.


Azɔ Yesu yi dzi do lo sia be, “Ŋutsu aɖe do kutsetseti aɖe ɖe eƒe abɔ me, eye wòvaa atia te edziedzi be yeakpɔ be etse ku aɖe mahã, gake mekpɔa kutsetse aɖeke le edzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite