Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Luka 3:4 - Agbenya La

4 Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be, “Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi, ‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi! Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 alesi woŋlɔ ɖi le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo dzɔdzɔe.

Gade chapit la Kopi




Luka 3:4
12 Referans Kwoze  

Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’ ”


Ame sia va be yeaɖi ɖase tso kekeli la ŋu, ale be to eya dzi la, amewo katã naxɔe ase.


Ame sia ŋutie woƒo nu le to Nyagblɔɖila Yesaya dzi be, “Gbe aɖe le ɖiɖim le gbegbe bena, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo, eye mita mɔ dzɔdzɔewo nɛ!’ ”


Atrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu be nyemana fiƒode nava anyigba la dzi o.”


Mito eme yi, mito agboawo me yi! Midzra mɔ ɖo na dukɔ la. Mido mɔ, mido mɔtatawo. Miɖe kpewo ɖa le mɔa dzi. Mikɔ aflaga dzi na dukɔwo.


ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo, miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’ ”


Woagblɔ be, “Mido mɔ, mido mɔ. Midzra mɔtata la dzi ɖo! Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite